Mark 15:6-15

Wotso kufia na Yesu

(Mateo 27:15-26; Luka 23:13-25; Yohanes 18:39—19:16)

6Azɔ nu ɖeka aɖe si Pilato wɔna ɖaa le Ŋutitoto ŋkekea dzi lae nye be, eɖea asi le Yudatɔ gamenɔla ɖeka si amewo lɔ̃ be wòaɖe asi le la ŋuti. 7Le ŋkeke mawo me la, gamenɔla siawo dometɔ ɖeka enye Baraba ame si kple ame bubuwo wu amewo le howɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me.

8Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔnɛ ɖaa ene.

9Pilato bia wo be, “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 10Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe Osɔfogãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo.

11Ke Osɔfogãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be woaɖe asi le Baraba boŋ ŋu ke menye Yesu o.

12Pilato biawo be, “Esi miebe maɖe asi le Baraba ŋu ɖe, nu kae miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be miaƒe Fia?”

13Ameawo katã do ɣli be, “Klãe ɖe ati ŋu!”

14Pilato gabia wo be, “Maklãe ɖe ati ŋu be ale ke? Nu vɔ̃ kae wòwɔ si dze na ku?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”

15Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Baraba ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.

Copyright information for EweBEE